Luke 24

Yesu ƒe tsitretsitsi

(Mateo 28:1-10; Marko 16:1-8; Yohanes 20:1-10)

1Le kwasiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔ ƒe ŋdikanyaa la, nyɔnuawo tso ami ʋeʋẽawo ɖe asi heva yɔdoa to 2gake wokpɔe be womli kpe gã si wotsɔ tu yɔdoa nui la ɖa. 3Woge ɖe yɔdoa me gake womekpɔ Yesu ƒe kukua o.

4Nu sia wɔ moya na wo ŋutɔ eya ta wonɔ tsitre ɖe yɔdoa to henɔ tame bum le nu si dzɔ ŋu, kasia ame eve siwo do awu ɣi siwo nɔ dzo dam miamiamia la va do ɖe wo dome. 5Nyɔnuawo vɔ̃ ale gbegbe be wodze klo ɖe ameawo ŋkume. Ŋustuawo biawo bena, “Nu ka tae mieva le ame gbagbe dim le yɔdo me? 6Mele afi sia o; etsi tre tso ame kukuwo dome. Miɖo ŋku ale si wògblɔe na mi, esime wònɔ nyi kpli mi le Galiliea la dzi be. 7‘Ele be woade Amegbetɔvi la asi na nu vɔ̃ wɔlawo, woaklãe ɖe ati ŋuti eye le ŋkeke etɔ̃a gbe la wòatsi tre.’”

8Nyɔnuawo ɖo ŋku eƒe nyawo dzi. 9Esime wogbɔ tso yɔdo la gbɔ la, woka nu siawo katã ta na ame wuiɖekeawo kple ame bubuawo katã. 10Nyɔnu siwo de yɔdoa to woe nye Maria Magdalatɔ, Yohana kple Maria Yakobo dada kpakple nyɔnu bubu geɖewo. 11Esi nusrɔ̃lawo se nyɔnuawo ƒe nyawo la, ɖeko wòɖi glitoto le woƒe towo me.

12Ke Petro ʋu du yi yɔdoa to be yeakpɔ nu si dzɔ la ɖa. Ebɔbɔ do mo ɖe yɔdoa me, gake aklala ƒuƒlu ko wòkpɔ le anyigba. Ale wòtrɔ yi aƒe me, henɔ nu si dzɔ la ŋuti bum vevie.

Le Emaus mɔ dzi

(Marko 16:12-13)

13Le gbe ma gbe ke la, Yesu yomenɔla eve nɔ mɔ zɔm yina kɔƒe aɖe si woyɔna be Emaus la me. Kɔƒe sia didi tso Yerusalem gbɔ abe kilometa wuiɖekɛ lɔƒo ene. 14Wonɔ dze ɖom kple wo nɔewo tso nu siwo katã va dzɔ la ŋuti. 15Esi wonɔ dzea ɖom nɔ nu siawo me dzrom kple wo nɔewo la, Yesu ŋutɔ va tu wo eye wòde asi zɔzɔ me kpli wo. 16Gake womekpɔe dze si o elabena wotsyɔ nu woƒe ŋkuwo dzi.

17Yesu bia wo be, “Nya ka me dzrom miele vevie alea? Edze nam ƒãa be nya siwo me dzrom miele la nye nya gã aɖe ŋutɔ si dzɔ.” Mɔzɔla eveawo nɔ tsitre eye wodzudzɔ nuƒoƒo. Blanui lé wo ŋutɔ. 18Ke wo dometɔ ɖeka si ŋkɔe nye Kleopa, la ɖo Yesu ƒe biabia ŋu be, “Ɖewohĩ wò ɖeka koe nye ame le Yerusalem si mese nya dziŋɔ si dzɔ le kwasiɖa si va yi me la o.”

19Yesu gabiae be, “Nya kae dzɔ?”

Ŋutsua ɖo eŋu nɛ be, “Nya siwo dzɔ ɖe Yesu, ŋutsu si tso Nazaret dzi lae mewɔnɛ. Ŋutsu sia nye nyagblɔɖila xɔŋkɔ aɖe si wɔ nu wɔnukuwo eye wòganye nufiala deŋgɔ aɖe si tɔgbi mebɔ o. Le nyateƒe me la ede ŋgɔ ŋutɔ le Mawu kple amegbetɔwo siaa ŋkume.
20Ke nu kae va dzɔ, osɔfogãwo kple miaƒe agbalẽfialawo lée hetsɔ de asi na Roma dziɖuɖua be woatso kufia nɛ. Ale Roma dziɖuɖua tso kufia nɛ eye woklãe ɖe ati ŋu. 21Míawo ya míenɔ bubum be eyae nye Mesia ŋusẽtɔ si va Israel dukɔa ɖe ge tso kluvinyenye me hafi. Nu siawo katã dzɔ ŋkeke etɔ̃e nye esi va yi. 22Hekpe ɖe esia ŋuti la, míaƒe nyɔnuawo dometɔ aɖewo do voɖi na mí. Woyi yɔdoa to fɔŋli sia 23gake womekpɔ eƒe ŋutilã kukua o. Wotrɔ gbɔ va gblɔ na mí be yewokpɔ ŋutega eye yewokpɔ mawudɔlawo le ŋutega la me ame siwo gblɔ na yewo be ele agbe. 24Miatɔ aɖewo ƒu du yi yɔdoa to enumake ke woawo hã kpɔ be yɔdoa le ƒuƒlu vavã abe ale si ame gbãtɔwo gblɔe ene.”

25Yesu gblɔ na wo bena, “Mi ame manyanuwo! Esesẽna na mi be miaxɔ nya siwo katã nyagblɔɖilawo gblɔ da ɖi la dzi ase! 26Ɖe nyagblɔɖilawo megblɔ da ɖi be ele be Mesia la nakpe fu siawo katã hafi age ɖe eƒe ŋutikɔkɔe la me oa?”

27Ale Yesu gblɔ mawunya kpukpui geɖewo na wo tso Mose dzi va se ɖe nyagblɔɖila bubuawo katã dzi, eye wòɖe akpa siwo ku ɖe ye ŋutɔ ŋu la me na wo.

28Le ɣeyiɣi sia me la, wogogo Emaus, kɔƒe si me woyina la. Yesu wɔ abe ɖe wòle eme tsom ene, eya ta 29woɖe kuku nɛ be wòatsi yewo gbɔ adɔ ŋu na ke elabena zã do vɔ keŋ. Ale Yesu lɔ̃ eye wòyi woƒe aƒeme. 30Esi wonɔ anyi be yewoaɖu nu la, eyra ɖe nuɖuɖua dzi eye wòtsɔ abolo, ŋe eme hetsɔe na wo. 31Kasia, woƒe ŋkuwo ʋu eye wokpɔe dze sii be eyae nye Yesu eye enumake wòbu le wo gbɔ.

32Ame eveawo de asi gbɔgblɔ me be, mèkpɔe be míaƒe dziwo ʋu dzo ŋutɔ le esime wònɔ mawunya la me ɖem na mí le mɔa dzi oa? 33Enumake wogatso dze mɔ ɖo ta Yerusalem eye esi woɖo afi ma la, wokpɔ nusrɔ̃lawo wuiɖekeawo kple Yesu yomedzela bubuwo. 34Nusrɔ̃lawo gblɔ na wo be, “Aƒetɔ la tsi tre vavã! Eɖe eɖokui fia Petro!” 35Ŋutsu eve siwo tso Emaus la hã gblɔ ale si wodo go Yesu le Emaus mɔ dzi eye wòzɔ kpli wo va ɖo Emaus, kple ale si wokpɔe dze sii to aboloŋeŋe me na wo.

Yesu ɖe eɖokui fia nusrɔ̃lawo

(Mateo 28:16-20; Marko 16:14-18; Yohanes 20:19-23)

36Esi ŋutsuawo nɔ woƒe nuteƒekpɔkpɔwo gblɔm la, Yesu ŋutɔ va do ɖe wo dome hedo gbe na wo! 37Dzika tso ameawo katã ƒo eye wovɔ̃ ŋutɔ ŋutɔ, elabena wobu be ŋɔli kpɔm yewo le.

38Yesu bia wo be, “Nu ka tae miele vɔvɔ̃m ɖo? Nu ka tae miele ɖi kem le miaƒe dziwo me, be nyee le mia dome? 39Milé ŋku ɖe nye asiwo kple afɔwo ŋu nyuie! Miva lém kpɔ eye miakpɔe kɔtɛe be menye ŋɔlie menye o! Elabena ŋɔliwo la, ŋutilã menɔa wo ŋu abe ale si mele ene o. 40Esi wònɔ nua ƒom la, etsɔ eƒe asiwo do ɖe wo gbɔ bena woakpɔ abi siwo gatagbadzɛwo de eŋu la, le eƒe asiƒome kple afɔƒome.”

41Ke ame aɖeke mete ŋu te ɖe eŋu o, elabena dzidzɔ kple ɖikeke yɔ wo me fũu. Le esia ta ebia wo be, “Nuɖuɖu aɖe le mia si le afi sia?”

42Wotsɔ lã memẽ kakɛ aɖe nɛ eye esi wònɔ 43eɖum la wonɔ ekpɔm!

44Yesu gblɔ na wo be, “Esi menɔ anyi kpli mi le ŋkeke siwo va yi me ɖe, nyemegblɔe na mi be nu siwo Mose kple nyagblɔɖilawo kpakple Psalmowo gblɔ tso ŋunye la ava eme oa?” 45Ale wòʋu woƒe susuwo be woase mawunya siawo katã gɔme. 46Yesu yi edzi be, “Vavã, woŋlɔe ɖi tso gbaɖegbe ke be, ele na Mesia la be wòakpe fu eye wòaku eye le ŋkeke etɔ̃a gbe la woagatsi tre tso ame kukuwo dome. 47Eye ele bena woatsɔ dzimetɔtrɔ kple nu vɔ̃ tsɔtsɔkenya sia ayi na dukɔwo katã eye woadze egɔme tso Yerusalem. 48Miawoe nye ɖeasefowo na nu siawo katã.”

49“Azɔ makɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖe mia dzi abe ale si Fofonye do ŋugbee ene. Ke minɔ Yerusalem afii va se ɖe esime Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nava mia dzi tso dziƒo ana ŋusẽ mi.”

Yesu ƒe dziƒoyiyi

(Marko 16:19-20)

50Yesu kplɔ nusrɔ̃lawo do go va se ɖe Betania, eye wòkɔ eƒe asiwo dzi heyra wo. 51Esi wònɔ wo yram la, wokɔe le nusrɔ̃lawo gbɔ heyi dziƒoe. 52Le esime wòdzo yina la, nusrɔ̃lawo dze klo eye wosubɔe. Emegbe wotrɔ yi Yerusalem kple dzidzɔ manyagblɔ aɖe. 53Wonɔ gbedoxɔ la me gbe sia gbe henɔ Mawu kafum.

Copyright information for EweBEE